John 14

Yesue nye mɔ si yi Fofo la gbɔ

1Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. 2Fofonye ƒeme la xɔ nyui geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. 3Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la miawo hã mianɔ afi ma. 4Mienya afi si meyina la xoxo eye mienya mɔ la hã.” 5Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, ale ke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”

6Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. 7Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye eye miekpɔe hã!”

8Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mi ekema miaƒe dzi adze eme.”

9Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame sia ame si kpɔm la, Fofo lae ma wòkpɔ. Ke nu ka wɔ miegale didim be yewoakpɔ Fofo la? 10Ɖe miexɔe se be, mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ wonye Fofonye si le menye la ƒe nyawo. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. 11Miawo ya mixɔe se ko be mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ ase le mɔ sia nu o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu gã geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta.

12“Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be ame sia ame si xɔa dzinye sena la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe fofo la gbɔ. 13Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. 14Ẽ, ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.

Yesu do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe

15“Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi.

16“Mabia Fofo la, wòaɖo Nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexeame mate ŋu axɔ Nyaxɔɖeakɔla sia o elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae elabena ele mia me eye wòanɔ anyi kpli mi. 18Nye la, nyemegblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la xexeametɔwo magakpɔm o ke miawo ya miakpɔm elabena mele agbe eye miawo hã mianɔ agbe. 20Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye eye nye hã mele mia me. 21Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am, eye ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e eye maɖe ɖokuinye afiae.”

22Yuda, ke menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu si tsɔ ŋkɔ sia la biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye be mí nusrɔ̃lawo koe nèle ɖokuiwo ɖe ge afia ke menye xexeame katã o?”

23Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Elabena ele be maɖe ɖokuinye afia ame siwo lɔ̃m eye wowɔa nye gbe dzi. Fofo la hã alɔ̃ wo eye nye kple Fofo la miava nɔ wo gbɔ. 24Ame sia ame si mewɔa nye gbe dzi o la, melɔ̃am o. Nya siwo gblɔm mele la menye nye ŋutɔ tɔnye o ke boŋ etso Fofo si dɔm ɖa la gbɔ. 25Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26Ke ne Fofo la dɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Akɔfala la, ɖo ɖe nye teƒe la, afia nu geɖewo mi eye wòagagbugbɔ kpe aɖo nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.

27“Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutɔ nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. Menye xexeame tɔ ƒomevi o. Eya ta migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya kple vɔvɔ̃ o, eye dzika hã megatso mia ƒo o.

28“Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ elabena Fofo la lolo wum. 29Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ ale be ne wova dzɔ la ne miaxɔ dzinye ase.

30“Nyemagayi nuƒoƒo na mi dzi fũu o elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, 31gake ele be xexeame nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. Azɔ la, mina míadzo.

Copyright information for EweBEE